Matthew 24

1Yesu do go le gbedoxɔ la me, hezɔ dzo yina, ke eƒe nusrɔ̃lawo te ɖe eŋu heɖo ŋku nu dzi nɛ tso xɔ bubu siwo le gbedoxɔ me la ŋuti. 2Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Miele nu siawo katã kpɔma? Mele egblɔm na mi, le nyateƒe me be, womagble kpe ɖeka pɛ hã ɖe nɔvia dzi o, woagbã nu sia nu aƒu anyi.”

Fukpekpewo ƒe gɔmedzedze

(Marko 13:3-13; Luka 21:7-19)

3Azɔ edzo yi ɖanɔ Amito la dzi. Nusrɔ̃lawo va egbɔ va biae bena, “Aƒetɔ, ɣekaɣie nu siawo katã ava eme? Dzesi kawoe afia wò vava zi evelia kple xexeame ƒe nuwuwu?”

4Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Minɔ ŋudzɔ, be ame aɖeke nagaflu mi o. 5Elabena ame geɖewo lava le nye ŋkɔme agblɔ be, ‘Nyee nye Kristo la’ eye woaflu ame geɖewo. 6Ne miese be aʋa dzɔ le afi aɖe eye aʋaɣliwo le ɖiɖim la, migaɖi vo alo avɔ̃ o, elabena esia mefia be nye vava alo nuwuwu la ɖo o, nu siawo adzɔ gake nuwuwua meɖo haɖe o. 7Le ɣeyiɣi mawo me la dukɔ atsi tre ɖe dukɔ ŋu eye fiaɖuƒe atsi tre ɖe fiaɖuƒe ŋu. Dɔ ato le teƒe geɖewo fũ, hekpe ɖe esia ŋu la anyigba aʋuʋu le teƒe geɖewo. 8Nu siawo nye kpɔkplɔyiɖeme ko na nu dziŋɔ siwo gbɔna.

9“Le ɣeyiɣi mawo me la, amewo ade mi asi na yometitiwo kple wuwu gɔ̃ hã. 10Le ɣemaɣi me la, ame geɖewo atra ɖa le xɔse la gbɔ, woade wo nɔviwo asi eye woalé fu wo nɔewo vevie, 11Aʋatsonyagblɔɖilawo abɔ fũ eye woatra ame geɖewo. 12Nu vɔ̃ wɔwɔ axɔ aƒe ale gbegbe be, amehavi lɔlɔ̃ nu atsi 13Ke ame si anɔ te ase ɖe nuwuwu la, woaɖee. 14Azɔ la, woagblɔ fiaɖuƒe la ƒe nyanyui sia le xexeame katã abe ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã ene, ekema nuwuwua ava.

Xaxa gã la

(Marko 13:14-23; Luka 21:20-24)

15“Eya ta, ne miekpɔ ‘ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vanae’ le tsitre ɖe Kɔkɔeƒe la, esi ƒe nya wogblɔ to nyagblɔɖila Daniel dzi la, nu sia xlẽ la nese egɔme, 16ekema nana ame siwo le Yudea la nasi ayi towo dzi. 17Ame si le eƒe xɔ tame la nagaɖi ayi naneke tsɔ ge le aƒea me o. 18Eye ame si le agble me la hã nayi aƒeme be yeatsɔ yeƒe awuʋlaya o.

19“Baba na funɔwo kple ame siwo si vidzĩwo le le ŋkeke mawo me.

20“Mido gbe ɖa be, miaƒe sisigbe nagadze vuvɔŋɔli alo sabat ŋkeke dzi o. 21Le ɣemaɣi me la, xaxa si ƒomevi medzɔ kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o eye magadzɔ kpɔ o la anɔ anyi.

22“Le nyateƒe me, ne womeɖe le nenem ŋkekeawo dzi o la, amegbetɔ ƒomea katã atsrɔ̃. Ke meka ɖe edzi na mi be, le Mawu ƒe ame tiatiawo ta la woato ŋkeke siawo ɖe eme.

23“Nyenye be ame aɖe agblɔ na mi be, ‘Mesia la va ɖo eye wòle afii alo afi mɛ alo wokpɔe le afi aɖe la,’ migaxɔe se o. 24Elabena aʋatso kristotɔwo kple aʋatso nyagblɔɖilawo ava do eye woawɔ nukunu gãwo si dzi Mawu ƒe ame tiatiawo gɔ̃ hã ate ŋu axɔ ase. 25Kpɔ ɖa, megblɔe na mi do ŋgɔ lo!

26“Eya ta ne ame aɖe gblɔ na mi be ele gbedzi afi aɖe la, megaɖe fu na ɖokuiwò be yeayi aɖakpɔe ɖa o. Alo ne ame aɖe be ebe ɖe teƒe aɖe la, megaxɔe se o! 27Abe ale si dzi kea dzo le ɣedzeƒe wokpɔnɛ le ɣetoɖoƒe ene la, nenema ke Nye Mesia la ƒe vava anɔ. 28Minyae bena afi si nukuku le la afi mae akagawo nɔna.

Amegbetɔ Vi la ƒe vava

(Marko 13:24-27; Luka 21:25-28)

29“Le xaxa ŋkeke mawo megbe teti ko la, ‘Zãdokeli ado, ɣleti magaɖi o, ɣletiviwo age tso dziƒo eye dziƒoŋunuwo aʋuʋu kpekpekpe.’

30“Le ɣemaɣi me la, Amegbetɔvi la ƒe dzesi ado ɖe dziŋgɔli me eye anyigba dzi dukɔwo katã afa konyi. Tete woakpɔ Amegbetɔ Vi la wòanɔ alilikpo dzi aɖiɖi gbɔna le ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe me. 31Eye wòadɔ eƒe dɔlawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi sesĩe eye woayi aɖa ƒo ametitiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒo ƒe dzogoe si dzi, yi ekemɛ dzi.

Nufiame tsɔ gboti la ŋu

(Marko 13:28-31; Luka 21:29-33)

32“Azɔ misrɔ̃ nu tso gboti ŋu. Nenye be tsi ɖo eƒe alɔwo me eye aŋgbawo de asi dodo me la, ekema minyae be dzomeŋɔli ɖo vɔ. 33Nenema ke ne miekpɔ be nu siawo katã de asi dzɔdzɔ me la, ekema minyae be nye vava tu aƒe kpokploe.

34“Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, dzidzime sia nu mava yi o, va se ɖe esime nu siawo katã va eme.

35“Dziƒo kple anyigba nu ava yi gake nye nyawo anɔ anyi ɖaa. 36Ame aɖeke menya ŋkeke alo gaƒoƒo si dzi nuwuwua ava o mawudɔlawo gɔ̃ hã menyae o Mawu Vi la ŋutɔ gɔ̃ hã menyae o, negbe Fofonye ɖeka hɔ̃ ko.

Ame aɖeke menya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o

(Marko 13:32-37; Luka 17:26-30, 34-36)

37“Abe ale si wòdzɔ le Noa ŋɔli ene la, nenema woanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vava ɣeyiɣi me.

38“Elabena le ŋkeke siwo do ŋgɔ na tsiɖɔɖɔ me la, ameawo nɔ nu ɖum, nɔ nu nom, nɔ srɔ̃ɖem eye woasɔa ame nana be woaɖe, va se ɖe ŋkeke si dzi Noa ge ɖe aɖakaʋu la me, 39eye womenya nu si gbɔna dzɔdzɔ ge o, va se ɖe esime tsiɖɔɖɔ la va eye wòkplɔ wo katã dzoe. Nenemae wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vavaɣi.

40“Ame eve anɔ agble me anɔ dɔ wɔm, woava kplɔ ɖeka dzoe agblẽ ɖeka ɖi.

41“Nyɔnu eve anɔ bli tum le te dzi, woatsɔ ɖeka agblẽ evelia ɖi.

42“Eya ta minɔ ŋudzɔ elabena mienya gbe sigbe miaƒe Aƒetɔ la ava o.

43“Ne ame aɖe medi be fiafitɔ neva fi yeƒe nuwo le zã me o la, enɔa ŋudzɔ na fiafitɔ la ƒe vava, 44eya ta miawo hã minɔ ŋudzɔ be nyemava lili mi o.

Dɔla ŋuteƒewɔla alo ŋuteƒemawɔla la

(Luka 12:41-48)

45“Minye dɔla nuteƒewɔlawo kple aɖaŋudzela siwo ate ŋu akpɔ nye aƒe dzi ana nuɖuɖu vinyewo ɖe ɣeyiɣi dzi pɛpɛpɛ gbesiagbe. 46Nenye be metrɔ gbɔ va kpɔ mi miele miaƒe dɔdeasi siawo wɔm anukwaretɔe la, mayra mi ŋutɔ. 47Nuteƒewɔla siawo tɔgbie matsɔ ɖo nusiwo katã le asinye la nu.

48“Gake ne miewɔ abe ame vɔ̃ɖiwo ene hegblɔ na mia ɖokuiwo be, ‘Nye Aƒetɔ mava fifia o,’ 49ale be miede asi dɔla bubuawo ƒoƒo me hele nutsuɖuɖu kple ahamumu dzi la, 50miaƒe Aƒetɔ la ava do ɖe mia dzi kpata le ɣeyiɣi si me miele mɔ kpɔm nɛ o la me, 51eye woaƒo mi vevie. Emegbe la ana woadrɔ̃ ʋunu mi kple alakpanuwɔlawo eye afi ma miafa avi, aɖu aɖukli hã le.”

Copyright information for EweBEE